1 Corinthians 4

Kristo ƒe Apostolowo

1Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go eye to esia me la míahe yayra geɖe vɛ na amewo. 2Nu si le vevie na dɔla enye be, wòakpɔ egbɔ be yewɔ ye ƒe aƒetɔ ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ. 3Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o. 4Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o. 5Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzime la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣemaɣi me.

Migade vovototo amewo me o

6Ɖe ko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale bena miagade vovototo amewo me o. Migado vivi ɖe mawudɔwɔla ɖeka hã ŋu wu bubuawo o. 7Nɔvinyewo, nu ka ta kura, miele mia ɖokuiwo dom ɖe dzi hlodzoo ale? Nu ka kurae le mia si si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, ekema nu ka tae miele wɔwɔm abe ɖe miede ŋgɔ fũ ŋutɔ eye mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze tae miezu ame alea ene?

8Edze nam abe miebuna be yewoƒe asi su gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo hiã mi la katã dzi xoxo ene. Miewɔ mia ɖokuiwo abe ame siwo naneke megahiã o, ame siwo ɖi ƒo le gbɔgbɔ me la ene. Ẽ, miezu abe fia gã hotsuitɔ siwo bɔbɔ nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi hele mí ame mamlɛawo kpɔm ɖo ɖa ene! Nenye ɖe miezu fiawo vavã eye miebɔbɔ nɔ miaƒe fiazikpuiwo dzi la, anye ne enyo ŋutɔ hafi. Elabena ne ɣeyiɣi sia ɖo la, miakpɔe be míawo hã míabɔbɔ nɔ míaƒe fiazikpuiwo dzi aɖu fia kpli mi. 9Ɣeaɖewoɣi la edzena nam abe ɖe Mawu wɔ mí apostolowo abe ame mamlɛatɔwo ene. Míedzena abe ame siwo wotso kufia na hekplɔ yina wuwu ge la ene eye míezu nukpɔkpɔ na mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa.

10Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me, gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko. 11Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum eye míekpɔ awu vuvu tete hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ. 12Míawo ŋutɔwo míetsɔ asi wɔ dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖikuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi de mí la eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo. 13Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o elabena va se ɖe fifia hã la amewo mebua mí o. Míele ko abe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene.

14Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene. 15Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi eye to esia me la mehe mi va Kristo gbɔe. 16Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi bena, miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la.

17Esia tututu tae mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.

18Menyae nyuie be, dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o. 19Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖeko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm.

20Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nu kpoloe ƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me. 21Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?

Copyright information for EweBEE